2 Timothy 2

Sẽ ŋu abe Kristo Yesu ƒe asrafo ene

1Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me, 2elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye la ame bubuwo. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo eye woawo hã woafia ame bubuawo. 3Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene, 4eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, megatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o. 5Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekala léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu eye meɖua dzi o ene. 6Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. 7Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme.

8Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la, 9si ta mele fu kpem ɖo eye wodem game gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene. Gake womede ga Mawu ƒe nya ya o. 10Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu.

11Esia nye nyateƒenya be,
“Ne míeku kpakplii la,
Míanɔ agbe hã kpakplii;
12Ne miekpe fu kplii la,
Miaɖu dzi hã kpakplii
Ne miegbe nu le egbɔ la,
Eya hã agbe nu le mia gbɔ.
13Ne mienye nuteƒemawɔlawo hã la,
Eya anɔ anyi nuteƒewɔla
Elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”

Dɔwɔla si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze nyui le

14Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo eye nagbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be, womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã. 15Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, woe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nya nu si eƒe nya la gblɔ kple nu si wofia. 16Megade nu nyahehe dzodzro siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu la me o. 17Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta. 18Woɖe asi le nyateƒe la ŋu eye wokaa aʋatso ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ.

19Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la, le te eye wotre enu kple nya siawo be “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo”, eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”

20Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. 21Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋudɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le nu si le kɔkɔe, si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.

22Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu eye wògena ɖe mewo la nu, ke nalé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ nanɔ mewò eye nana hadede kple ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la eye woƒe dzime kɔ la, nado dzidzɔ na wò.

23Megale egblɔ na wò be megade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o. 24Mele be Mawu ƒe amewo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo. 25Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu. Elabena ne etsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woaɖe asi le woƒe susu tatrawo ŋu eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase. 26Ekema woadze si nyateƒe la eye woasi le Satana ƒe mɔ̃ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣesiaɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.

Copyright information for EweBEE